3
Kristo nye gã wu Mose
Eya ta nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, apostolo kple nunɔlagã, ame si me mieʋu la dzi. Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me la ene. Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose. Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla. Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti. Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.
Nuxɔxlɔ̃ ɖe dzimaxɔse ŋuti
Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be,
“Egbe ne miese eƒe gbe la,
migasẽ miaƒe dziwo me
abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me,
le ɣeyiɣi si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o.
Afi ma mia fofowo dom kpɔ, eye wotem kpɔ le,
eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene.
10 Eya ta medo dziku ɖe dzidzime ma ŋu, eye megblɔ be,
‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣe sia ɣi,
eye womenya nye mɔwo o!’
11 Eya ta le nye dziku me la, meka atam gblɔ be,
‘Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.’ ”
12 Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o. 13 Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o. 14 Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko. 15 Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be,
“Egbe ne miese eƒe gbe la,
migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si
miewɔ le miaƒe aglãdzedze la me ene o.”
16 Ame kawoe nye ame siwo se nya la, eye wodze aglã? Ɖe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa? 17 Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woƒe ŋutilã kukuwo tsi gbea dzi lae oa? 18 Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔƒe la me gbeɖe o, ne menye ame siwo sẽ to lae oa? 19 Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu ge ɖe dzudzɔƒe la me o le woƒe dzimaxɔse ta.