9
Fukpekpe dziŋɔ atɔ̃lia: lãwo ƒe dɔléle
Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye. Ne miegbe asiɖeɖe le wo ŋu, eye miezi wo dzi la, ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi. Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ”
Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.” Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o. Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko!
Fukpekpe dziŋɔ adelia: ƒoƒoe te amewo
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Milɔ dzowɔ asiʋlo aɖewo tso kpo me, eye Mose nawui ɖe yame le Farao ŋkume. Dzowɔ la akaka abe ʋuʋudedi ene ɖe Egiptenyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe nate amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.”
10 Ale woɖe dzowɔ tso kpo me, eye woyi Farao gbɔ. Esi Farao nɔ wo kpɔm la, Mose wu dzowɔ la ɖe yame, eye wòzu ƒoƒoe te amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi. 11 Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã. 12 Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, ale wògagbe nusese abe ale si Yehowa gblɔe na Mose da ɖi ene.
Fukpekpe dziŋɔ adrelia: kpetsi dza
13 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ ŋdi kanya, nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye si, Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. 14 Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o. 15 Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi. 16 Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi. 17 Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o, 18 eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o. 19 Ɖe gbe na ameawo azɔ be, woakplɔ wò lãhawo kple nu siwo katã le asiwò le gbedzi la ava de kpo me, elabena kpetsi la adza ɖe amewo kple lã siwo womekplɔ va aƒe me o la siaa dzi, eye wo katã woaku.’ ”
20 Yehowa ƒe nya siawo do ŋɔdzi na Egiptetɔ aɖewo ale gbegbe be wokplɔ woƒe lãwo kple kluviwo de xɔ me. 21 Ke ame siwo mebu Yehowa ƒe nya nanekee o la gblẽ woƒe lãwo ɖe gbedzi.
22 Yehowa gagblɔ na Mose be, “Fia asi dziƒo, eye nàna kpetsi la nadza le Egiptenyigba blibo la dzi, ɖe amewo, atiwo kple lãwo siaa dzi.”
23 Ale Mose do asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi kple dzikedzo ɖa. 24 Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o. 25 Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ. 26 Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ.
27 Farao ɖo du ɖe Mose kple Aron, eye wòʋu eme na wo be, “Medze si nye vodada azɔ, Yehowa tɔ dzɔ. Nye kple nye amewo míeda vo tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia. 28 Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.”
29 Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum. 30 Ke le wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo gome la, menya be fifia gɔ̃ hã la, mieɖoa to Yehowa Mawu o.” 31 (Kpetsi la gblẽ ɖetifu kple lu o, elabena lu la ɖi, eye ɖetifu la hã ƒo se xoxo hafi, 32 ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.)
33 Ale Mose dzo le Farao gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, edo eƒe asiwo ɖe dziƒo na Yehowa. Dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi hã dzudzɔ dzadza. 34 Esi Farao kpɔ be tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la tɔ la, egawɔ nu vɔ̃; eya kple eƒe dumegãwo sẽ woƒe dzi me. 35 Ale Farao ƒe dzi me gasẽ, eye wògbe asiɖeɖe le Israelviwo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe to Mose dzi ene.