7
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene. Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte. Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi. Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi. Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.”
Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo. Mose xɔ ƒe blaenyi, eye Aron xɔ ƒe blaenyi-vɔ-etɔ̃ le ɣeyiɣi sia me, esi wodo ɖe Farao ŋkume.
Mose ƒe atikplɔ trɔ zu da
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.”
10 Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da. 11 Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ! 12 Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. 13 Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔ do ŋgɔe ene.
Fukpekpe dziŋɔ gbãtɔ: tsi trɔ zu ʋu
14 Yehowa gblɔ na Mose be, “Farao ƒe dzi me sẽ, eye wògbe be yemaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o.
15 “Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi. 16 Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o. 17 Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu! 18 Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’ ”
19 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ”
20 Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume. 21 Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi. 22 Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu. 23 Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me. 24 Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe tɔsisi la to be yewoakpɔ tsi nono, elabena womate ŋu ano tɔsisi la me tsi o.
Fukpekpe dziŋɔ evelia: akpɔkplɔwo
25 Nil tɔsisi la trɔ zu ʋu ŋkeke adre sɔŋ esi Yehowa gblẽe.