5
Mose kple Aron wodo ɖe Farao ŋkume
Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ”
Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.” Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.”
Ke Egipte fia gblɔ be, “Mose kple Aron, nu ka ta miele ameawo ɖem ɖa tso woƒe dɔ gbɔ? Mitrɔ yi miaƒe dɔ gbɔ!” Farao gagblɔ be, “Kpɔ ɖa, amewo sɔ gbɔ le anyigba la dzi, eye miele wo ɖem ɖa le woƒe dɔwo gbɔ.”
Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be, “Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu. Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’ Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.”
10 Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o. 11 Miyi ne miawo ŋutɔ miadi gbe ƒuƒu le afi sia afi si miakpɔe le, ke womaɖe miaƒe dɔ dzi kpɔtɔ le go aɖeke me o.’ ” 12 Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim. 13 Dɔdzikpɔlawo sẽa ŋuta le wo ŋu, woɖea gbe na wo be, “Mime anyikpewo woasɔ gbɔ gbe sia gbe abe tsã ene.” 14 Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?”
15 Ale Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo yi Farao gbɔ heƒo koko nɛ be, “Nu ka ŋuti nèle wò dɔlawo wɔm alea? 16 Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.”
17 Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’ 18 Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ, womana gbe ƒuƒu aɖeke mi o, gake ele be miame anyikpe xexlẽme si miemena gbe sia gbe tsã la kokoko!”
19 Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o. 20 Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la, 21 wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.”
Mawu do ɖeɖe ƒe ŋugbe
22 Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa? 23 Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”