18
Yetro va kpɔ Mose ɖa
Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti. Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ. Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.” Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.” Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ. Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.”
Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu. Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa. Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti.
10 Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel. 11 Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”
12 Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume.
Ʋɔnudrɔ̃lawo tiatia
13 Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome.
14 Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?”
15 Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. 16 Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.”
17 Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o. 18 Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. 19 Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume. 20 Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo.
21 “Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu. 22 Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo. 23 Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”
24 Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu. 25 Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo. 26 Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si.
27 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de.