15
Mose dzi kafukafuha
Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be,
“Madzi ha na Yehowa,
elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.
Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa
de atsiaƒu la me.
 
“Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ,
eya gbɔ ɖeɖe tso va nam.
Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui.
Eyae nye fofonye ƒe Mawu,
eya ta madoe ɖe dzi.
Yehowa nye aʋawɔla,
Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa.
Ede Farao ƒe tasiaɖamwo
kple aʋakɔwo ƒu,
eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me.
Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo
nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me.
Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi.
Wodze to ɖe atsiaƒu la te abe kpe ene.
O, Yehowa,
wò nuɖusibɔ wɔ kalẽ.
O, Yehowa,
wò nuɖusibɔ kaka futɔwo hlẽ.
 
“Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me,
ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi.
Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu,
eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene.
Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do,
eye wòna tsiawo ƒu kpo.
Tsi sisi la nɔ te,
eye wòlé akpa aveawo ɖe te
abe gli ene,
eye tsi goglo la
zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina.
Futɔ la gblɔ dadatɔe be,
‘Mati wo yome, matu wo,
mama woƒe afunyinuwo.
Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme.
Maɖe nye yi tso aku me,
eye nye asi atsrɔ̃ wo.’
10 Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ,
eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi.
Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te.
 
11 “O, Yehowa, ame kae le abe wò ene
le mawuwo dome?
Ame kae le abe wò ene
le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me,
le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me,
eye wòwɔa nukudɔwo?
12 Èdo wò nuɖusi ɖa,
eye anyigba mi wo.
 
13 “Àkplɔ ame siwo nèɖe la
le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me.
Le wò ŋusẽ me,
àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae.
14 Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya;
vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo.
15 Ŋɔdzi alé Edom fiawo,
eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya,
Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ.
16 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi.
Woatrɔ azu kpe,
le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta,
va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi.
O, Yehowa, va se ɖe esime
wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi.
17 Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te
le wò to si nye wò domenyinu la dzi.
O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la,
Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la.
 
18 “Yehowa aɖu fia
tegbetegbe!”
19 Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me. 20 Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe. 21 Eye Miriam dzi ha sia:
“Midzi ha na Yehowa,
elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe.
Ede sɔ kple sɔdola
atsiaƒu la me.”
Mara kple Elim ƒe tsiwo
22 Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o. 23 Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.) 24 Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?”
25 Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui.
Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ. 26 “Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.” 27 Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to.