5
Tatenai ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Dario
Azɔ la, Nyagblɔɖilawo Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimeviwo gblɔ nya ɖi na Yudatɔ siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, ame si nɔ wo dzi ɖum la ƒe ŋkɔ me. Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu.
Le ɣe ma ɣi me la, Frat tɔsisi la godo nuto la me ƒe mɔmefia, Tatenai, Setar Bozenai kple wo ŋutimewo yi ɖabia wo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?” Wogabia wo be, “Ŋutsu siwo le teƒe sia tum la ƒe ŋkɔwo ɖe?” Ke Yehowa ƒe ŋku nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo ta kpɔm, ale womete ŋu ɖo asi wo dzi o va se ɖe esime woaŋlɔ agbalẽ na Darius, eye wòaɖo eŋu hafi woanya afɔ si woaɖe.
Esia nye nu si Tatenai, Frat tɔsisi la godo ƒe mɔmefia kple Setar Bozenai kple wo ŋutimewo kpakple dɔnunɔla siwo le Frat tɔsisi la godo ŋlɔ ɖo ɖe Fia Darius. Agbalẽa me nyawo yi ale:
Na: Fia Darius.
Míedo gbe tɔxɛ na wò.
Fia la nenyae be míegbugbɔ yi ɖe Yuda nuto la me, ɖe Mawu gã la ƒe gbedoxɔ me. Ameawo le xɔtudɔ la dzi kple kpe gãwo, eye wole ʋuƒoawo dem gliawo me. Wole dɔ la wɔm kple moveviɖoɖo, eye wòle afɔ tsɔm le woƒe kpɔkplɔ te.
Míebia gbe woƒe dumegãwo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?” 10 Míebia woƒe ŋkɔwo hã ta ale be míaŋlɔ woƒe ŋgɔnɔlawo ƒe ŋkɔwo aɖo ɖe wò wòanɔ nyanya na wò.
11 Esiae nye ŋuɖoɖo si wona mí:
 
“Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye; míegbugbɔ le gbedoxɔ si wotu ƒe geɖewoe nye esi va yi la tum, gbedoxɔ si Israel ƒe fia xɔŋkɔ aɖe tu, wu enu, 12 gake esi mía fofowo do dziku na dziƒo Mawu la ta la, etsɔ wo de asi na Kaldeatɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, ame si gbã gbedoxɔ sia, eye wòɖe aboyo ameawo ɖo ɖe Babilonia.
13 “Ke hã la, le Babilonia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Fia Sirus de se be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu. 14 Gawu la, ena wolɔ sikanu kple klosalonu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem gbedoxɔ me tsɔ va kɔ ɖe Babilonia gbedoxɔ me la do goe.
“Emegbe Fia Sirus tsɔ wo de asi na ŋutsu aɖe si woyɔna be Sesbazar, ame si wòɖo mɔmefiae la si, 15 gblɔ de esi be, ‘Tsɔ nu siawo eye yi nàkɔ wo ɖe Yerusalem gbedoxɔ me. Gbugbɔ Mawu ƒe aƒe la tu ɖe teƒe si wònɔ tsã.’
16 “Ale Sesbazar sia va ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe gbedoxɔ gɔme anyi ɖe Yerusalem, eya ta tso gbe ma gbe dzi va se ɖe fifia la, wole etutu dzi, eye womekpɔ wu enu haɖe o.”
 
17 Azɔ la, ne edze fia la ŋu la, nena woatsa le Babilonia ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me ne woakpɔe ɖa be vavãe fia Sirus de se aɖe nenema be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la atu hã. Ekema fia la neɖo gbe ɖa tso eƒe nyametsotso ŋuti le nya sia me.