7
Yehowa nya anyigba la dzi nɔlawo ɖa
Ne Yehowa miaƒe Mawu kplɔ wò yi Ŋugbedodonyigba la dzi, abe ale si wòle wɔwɔ ge kpuie ene la, atsrɔ̃ dukɔ adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe lolo, eye wòsẽ wu wò. Dukɔ siawoe nye: Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o. Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko. Ele be nàmu woƒe vɔsamlekpuiwo, agbã woƒe legbawo, aho woƒe aƒeliwo aƒu anyi, eye nàtɔ dzo woƒe aklamakpakpɛwo, elabena wò la, dukɔ kɔkɔe nènye, eye wotsɔ wò na Yehowa, wò Mawu la. Etia wò tso xexemedukɔwo katã dome be nànye yeƒe dukɔ tiatia.
Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome! Esi wòlɔ̃ wò kple ale si wòwɔ atam si wòka na tɔgbuiwòwo dzi ta koe. Eya ta wòɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi to eƒe ŋusẽ gã ɖeɖe fia kple nukunu triakɔwo wɔwɔ me. Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi.
10 Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume,
eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo.
11 Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi.
12 Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi. 13 Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi. 14 Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o. 15 Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi! 16 Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò.
17 Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?” 18 Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la 19 miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia. 20 Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃.
21 “Mègavɔ̃ dukɔ mawo o, elabena Yehowa, wò Mawu la le mia dome; Mawu ŋusẽtɔ kple ŋɔdzitɔ wònye. 22 Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ be miaɖe wo katã ɖa zi ɖeka o, ne menye nenema o la, lã wɔadãwo adzi asɔ gbɔ aɖe to ɖe wò. 23 Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃. 24 Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo. 25 Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la. 26 Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye.