26
Kutsetse gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia
“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la, ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la. Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’ Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi. Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte. Egiptetɔwo wɔ fu mí, wɔ mí kluviwoe, eye wode dɔ sesẽwo asi na mí. Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote mí ɖe toe. Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe mí tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu gã dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la, ekplɔ mí tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la na mí. 10 Azɔ la, O! Yehowa, kpɔ ɖa, metsɔ nye agblemenuku gbãtɔ siwo mekpɔ tso anyigba si nènam me la ƒe kpɔɖeŋu vɛ na wò.’ Ekema nàtsɔ nukuawo ada ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume, eye nàde ta agu nɛ. 11 Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, wò Mawu la na wò. Na wò ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli wò le dzidzɔkpɔkpɔ la me.
12 “Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ wò nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo hã naɖu nu nyuie. 13 Ekema nàgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ŋkume be, ‘Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le wò se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o. 14 Nyemeka asi nu ewolia ƒe ɖeka ŋu esi nye ŋuti mekɔ o, le kpɔɖeŋu me, esi menɔ fu nyim o, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo hã o. Meɖo to Yehowa, nye Mawu la, eye mewɔ nu sia nu si nèɖo nam. 15 Kpɔ mí ɖa tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra Israelviwo kple anyigba si nètsɔ na mí abe ale si nèdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene. Wɔe wòanye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ ”
Wɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi
16 “Ele be nàwɔ se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa, wò Mawu la le nàwom egbe la dzi kple dzi wò blibo. 17 Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ. 18 Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi. 19 Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.”