22
“Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ. Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ. Nenema kee nàwɔ tedziwo, ame ƒe nudodo kple eƒe nu bubu ɖe sia ɖe si nàkpɔ. Kpɔ wo dzi na nutɔwo.
“Ne èkpɔ ame aɖe, eƒe nyi alo tedzi wòdze anyi, eye nutɔ le agbagba dzem be yeafɔe ɖe tsitre la, mègatrɔ kɔ ɖe adzɔge o; yi nàkpe ɖe eŋu!
“Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.
“Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o. Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta.
“Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o.
“Mègaƒã nuku bubuwo ɖe wò waintiwo dome o; ne menye nenema o la, nukuawo kple waintsetseawo katã azu nu kɔkɔewo na nunɔlawo.
10 “Mègade kɔkuti ɖeka ma kɔ na nyitsu kple tedzi hena dɔwɔwɔ le wò agble me o.
11 “Mègado awu si wolɔ̃ kple ka ƒomevi eve, abe lãfuka kple ɖetika ene o.
12 “Ele be nàde gbo wò avɔ tsyɔtsyɔ ƒe dzogoe eneawo nu.”
Srɔ̃ɖeɖe ƒe sewo dzi dada
13 Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, 14 emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, “Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o” la, 15 ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. 16 Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, “Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe 17 hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi.” Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo. 18 Ekema ʋɔnudrɔ̃lawo aɖe gbe, eye woaƒo ŋutsu la, 19 eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o.
20 Ke ne nya si ŋutsu la tsɔ ɖe eŋu nye nyateƒe be nyɔnu la de ŋutsu aɖe gbɔ kpɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe la, 21 ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome.
22 Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel.
23 Ne wobia ɖetugbi aɖe ta hafi ŋutsu bubu de asi eŋu le dua me la, 24 woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu. 25 Ale nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. Ke ne wowɔ nu vɔ̃ sia le gbedzi, le dua godo la, woawu ŋutsu la ɖeɖe ko. 26 Womawu nyɔnu la ya o, 27 elabena woate ŋu axɔe ase be edo ɣli, gake ame aɖeke menɔ gbedzi le dua godo axɔ nɛ o.
28 Ne ŋutsu aɖe de asi ɖetugbi si ta womebia o ŋu sesẽtɔe, eye wolé wo la, 29 ele be ŋutsu la naxe fe aɖe na ɖetugbi la fofo ekema aɖe ɖetugbi la, eye magbee akpɔ o.
30 Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ ade asi fofoa ƒe ahosi ŋu o, elabena fofoa srɔ̃e wònye kpɔ.