10
Kpe kpakpa siwo ɖi gbãtɔwo
“Yehowa gblɔ nam ɣe ma ɣi be makpa kpe eve bubu abe gbãtɔwo ene, matsɔ ati akpa aɖaka aɖe si me woatsɔ kpe eveawo adzra ɖo la, eye matrɔ ava ye, Mawu gbɔ le toa dzi. Egblɔ nam be yeagbugbɔ se siwo tututu yeŋlɔ ɖe kpe siwo megbã dzi la aŋlɔ ɖe kpe yeyeawo dzi, eye matsɔ wo ade Aɖaka la me. Ale metsɔ akasiati wɔ Aɖaka la. Mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene hetsɔ wo yi na Yehowa le to la dzi. Egaŋlɔ Se Ewoawo ɖe wo dzi tsɔ nam. Wonye se siwo tututu wònam tso dzo bibi la ƒe titina le toa dzi le mi katã ŋkume le to la te. Meɖi eye metsɔ kpe eveawo de Aɖaka si mekpa la me. Wole afi ma va se ɖe egbe abe ale si Yehowa ɖo nam ene.
“Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe.
“Wozɔ mɔ yi Gudgoda heyi Yotbata, afi si tsi bɔ ɖo. Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene. Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu. 10 Abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, menɔ to la dzi le Yehowa ŋkume zi evelia ŋkeke blaene kple zã blaene, abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene. Yehowa ɖo to nye kokoƒoƒo, eye metsrɔ̃ mi o.
11 “Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’ ”
Vɔ̃ Aƒetɔ la
12 “Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo, 13 eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò? 14 Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ. 15 Ke mia fofowo ƒe nu nyo eŋu, eye wòlɔ̃ wo ale gbegbe be wòtia mi, wo viwo, be miaƒo dukɔwo katã ta abe ale si wòle dzedzem egbe ene, 16 eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ.
17 “Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o. 18 Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo. 19 Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ. 20 Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi. 21 Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ. 22 Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!”